John 18:28-38

Yesu le Pilato ŋkume

(Mateo 27:1-2, 11-14; Marko 15:1-5; Luka 23:1-5)

28Kayafa hã drɔ̃ ʋɔnu Yesu, eye wòwu eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu le fɔŋli. Tso afi sia le wokplɔe yi ɖe Roma gɔvina la ƒe aƒemee. Ame siwo ke tsɔ nya ɖe Yesu ŋu la gbe bena yewomage ɖe aƒea me o, elabena ne woyi afi ma la, ekema wogblẽ kɔ na wo ɖokui, eye ne woƒo ɖi wo ɖokui alea la, womana mɔ wo woaɖu Ŋutitotolẽvi la o. 29Ale Pilato, Roma gɔvina la ŋutɔ do go va kpe wo eye wòbia wo bena, “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu eye nu kae miebe ewɔ?”

30Ameawo hã da gbe ɖe Pilato bena, “Ɖe ame sia mewɔ nu vɔ̃ɖi aɖeke o la, míele ekplɔ ge ava afi siae o.”

31Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Ne ele alea la, mikplɔe yii eye miatsɔ miawo ŋutɔ ƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.” Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Ɖe miedi bena miaklãe ɖe ati ŋu eya tae mieva bena nàda asi ɖe ɖoɖo sia dzi.” 32Esia wu nyagblɔɖi si Yesu gblɔ ɖi tso ale si wole ewu gee la nu.

33Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, ene wokplɔ Yesu va egbɔe eye wòbia be, “Woe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”

34Yesu biae bena, “Susu ka nue nèbia nya sia ɖo? Le Yudatɔwo ƒe susu nu loo alo le wò susu nua?”

35Pilato ɖo eŋu kple dziku be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya ma biamem hã? Menye wò ŋutɔ mia de tɔwo kple woƒe Osɔfogãwoẽ kplɔ wò va afi sia oa? Nu ka tae wokplɔ wò vɛ ɖo? Agɔ kae nèdze?”

36Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menye anyigbadzifiae menye o. Nenye anyigbadzifiae menye la, anye ne nye amewo awɔ aʋa ɖe nunye esi Yudatɔwo ƒe amegãwo va lém. Nye fiaɖuƒea metso xexe sia me o.” 37Pilato gabiae bena, “Ekema fiae nenye nyateƒea?”

Yesu ɖo eŋu be, “Ele me nenema, eye fiaɖuɖu tae wodzim ɖo. Eye esi meva xexe sia me la, ɖe meva bena magblɔ nyateƒe la afia ame sia ame. Ame siwo katã xɔ nyateƒe la dzi se lae nye nye nusrɔ̃lawo.”

Wotso kufia na Yesu

(Mateo 27:15-31; Marko 15:6-20; Luka 23:13-25)

38Pilato to ɣli enumake bena, “Nu kae nye nyateƒe la?” Edo go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o.
Copyright information for EweBEE